Acts 4

Petro kple Yohanes le Sanhedrin ŋkume

1Esi Petro kple Yohane nɔ nu ƒom na ameawo alea la, Osɔfogãwo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kpakple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. 2Ale si Petro kple Yohanes nɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome la nye nu si mevivi wo nu kura o. 3Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wotsɔ wo ame evea de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake. 4Togbɔ be wòva me alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzime eye wozu xɔsetɔwo ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme va ɖo abe akpe atɔ̃ ene. 5Le ŋufɔke la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumemegãwo kpe ta le Yerusalem. 6Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye Osɔfogã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple Anas ƒe ƒometɔ aɖewo. 7Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame kae na ŋusẽ mi be miawɔ nu sia?”

8Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro eye wòɖo eŋu na wo be, 9“Osɔfogã, bubutɔwo, kple dumemegãwo, nenye tekunɔ sia ƒe hayahaya tae miele gbe biam mí la, 10ekema medi be mi kple Israeltɔwo katã mianya kɔtee be, to ŋusẽ tɔxɛ si le Yesu Kristo Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ mee ame sia kpɔ lamesẽ le. Yesu siae nye Mesia ame si miawo miewu, ke Mawu fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome. Eya ƒe ŋusẽe na be dɔnɔ sia tsi tre ɖe mía dome fifi laa, eye eƒe lãme sẽ. 11Mawunya gblɔe be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la eya kee trɔna zua dzogoedzikpe.’ 12Yesu ɖeka pɛ ko dzie ame sia ame ato hafi akpɔ ɖeɖe. Ame aɖeke megali le xexeame godoo si ate ŋu axɔ na amegbetɔ aɖeke wu Yesu o.”

13Ŋusẽ tɔxɛ si ɖo Petro kple Yohanes me be wote ŋu ɖo nyawo ŋu alea la, wɔ nuku na Takpekpea ŋutɔ, elabena wonya be Petro kple Yohanes menya agbalẽ o. Takpekpea kpɔe dze sii be, Yesu yomenɔnɔ tae wote ŋu kpɔ ŋusẽ sia. 14Gawu la, esi wònye be dɔnɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, ɖe ko wònɔ na Takpekpea me nɔlawo be woalɔ̃ be ŋusẽ aɖe le Petro kple Yohanes si vavã. 15Le esia ta wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me ale be woate ŋu akpɔ mɔnu abu tame le nya la ŋu.

16Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututue míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le nuwɔametɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du bliboa me. 17Gake hã ɖewohĩ míate ŋu axe mɔ na wo be woagakaka woƒe nya si gblɔm wole le Yesu kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu ayi dzii o. Míayɔ wo ado vɔvɔ̃ na wo be ne wogakatse gblɔ nya tso Yesu ŋu la, manyo na wo kura o!” 18Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o.

19Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo be míase amegbetɔ ƒe gbe agbe Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? 20Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu wɔnuku siwo míekpɔ kɔtee be Yesu wɔ kple nya siwo wògblɔ la ŋu.”

21Ke Takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku do wo hede se na wo be woadzudzɔ nyawo gbɔgblɔ. Emegbe la woɖe asi le wo ŋu wodzo elabena womenya ale si tututu woawɔ ahe to na wo ale be zi matɔ le dua me o, elabena ame sia ame kloe le dua me nɔ Mawu kafum le nukunu gã si wòwɔ to Petro kple Yohanes dzi la ta. 22Esia nye be woda gbe le ame si nye tekunɔ ƒe blaene sɔŋ la ŋu.

Hametɔwo ƒe gbedodoɖa

23Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu tete ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ ɖe wo dzi la na wo.

24Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa gblɔ be,

“O Aƒetɔ Mawu gã, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple emenuwo katã,
25wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to mía tɔgbui David dzi be, ‘Nu ka ta Trɔ̃subɔlawo do dziku ɖe Mawu ŋu eye dukɔwo hã le bablawo wɔm dzedzro ɖo? 26Ẽ, anyigbadzifiawo wɔ ɖeka be yewoaho aʋa ɖe Mawu kple Mesia la ŋu!’

27“Nu sia tututue le dzɔdzɔm le mía dome egbe le Yerusalem du sia me! Elabena fia Herodes kple Pontio Pilato kple Trɔ̃subɔlawo katã kpakple Israelviwo gɔ̃ hã wɔ ɖeka hetsi tre ɖe viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si dzi 28nèda asi ɖo la ŋu. Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la eya ko woate ŋu awɔ. 29Azɔ mía Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋui la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya kple 30agbe eye na ŋusẽ mí be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”

31Esi wodo gbe ɖa vɔ alea ko la xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wogakpɔ ŋusẽ hegblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo.

Hametɔwo wɔ nu sia nu hamenui

32Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome. 33Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome eye amenuveve gã le wo katã dzi. 34Koɖoɖo aɖeke menɔ anyi o, elabena ame siwo si nuwo nɔ abe anyigba, xɔ kple bubuwo ene la dzra wo 35hetsɔ ga la vɛ na apostoloawo wona wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe hiahiã nu.

36Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro eye apostoloawo yɔna hã be Barnaba, si gɔme woɖe be “Dzideƒovi” 37dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostolawo.

Copyright information for EweBEE